Mído gbe na mì, Ƒlawuvi, Agoenyivevi, kple Bèvi ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa.

Míedi be míaɖo ŋku edzi na mì ake be le DUNENYO ZÃ ƒe wɔnawo kple ɖoɖowɔɖi na azãɖuɖua la, woɖo  » nuŋɔŋlɔ le Eʋegbe me «  le Memleɖa, August 8, 2026, le ŋdi ga ewo (10H00 ) me na Ƒlawuvi, Agoenyivevi, kple Bèvi ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. DUNENYO ZÃ ƒe Kplɔlawo kple Ŋgɔgbedawo le nyanya nam mí be amesiwo di be yewoakpɔ gome le eme la, woaŋlɔ ŋkɔ le Aƒenɔ SEMEKONAWO Yayrato (91425927) gbɔ alo tẽ le ƑLAWU, BÈ kple AGOENYIVE ƒe yaʋalawo dzi.

DUNENYO ZÃ ƒe Kplɔlawo kple Ŋgɔgbedawo le ŋu ɖom ɖe ŋuwò eye wòle dzi dem ƒo na wò be nàkpɔ gome le Eʋegbeŋɔŋlɔ ƒe hoʋiʋli sia me. Wolè ŋku ɖom edzi na wò be fetuxɔxɔ alo nunana le hoʋiʋli sia ŋuti. Woawɔ hoʋiʋli sia le suku si woyɔna be « École Privé la Bienveillance » , si le Aflao Avedji Anyigbe, eye wòte ɖe ketekemɔa ŋu.

Míelè ŋusẽ dom mì helè dzɔgbenyuie dim na mì le hoʋiʋli sia me.

@Relance Info

Laisser un commentaire

Votre adresse e-mail ne sera pas publiée. Les champs obligatoires sont indiqués avec *